Matthew 21

Yesu yi Yerusalem abe dziɖula ene

(Marko 11:1-11; Luka 19:28-38; Yohanes 12:12-19)

1Esi wòsusɔ vie Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo naɖo Yerusalem la, wova ɖo du aɖe si woyɔna be Betfage si le Amitoa ŋu la me. Le afi sia la, Yesu dɔ eƒe nusrɔ̃la eve ɖo ɖe kɔƒe aɖe si le wo ŋgɔ la me.

2Egblɔ na wo bena, “Ne miege ɖe kɔƒea me ko la, miakpɔ tedzinɔ aɖe kple via le ka me. Mitu ka wo eye miakplɔ wo vɛ. 3Ne ame aɖe bia gbe mi la, migblɔ nɛ ko be, ‘Aƒetɔ lae le wo hiãm,’ eye ne miegblɔ esia la womagabia nya aɖeke mi o.”

4Wowɔ esia be woatsɔ wu nyagblɔɖi si wogblɔ da ɖi le blema ke nu bena, 5“Migblɔ na Zion vinyɔnuvi la bena, Wò Fia gbɔna gbɔwò, edo tedzi kple tedzivi, si nye dɔwɔlã!”

6Nusrɔ̃la eveawo wɔ ɖe Yesu ƒe gbe dzi, 7eye woyi ɖakplɔ tedziawo vɛ nɛ. Azɔ wotsɔ woƒe awuwo ɖo tedziawo dzi eye Yesu bɔbɔnɔ wo dzi. 8Ame geɖewo ŋutɔ le ameha la dome tsɔ woƒe avɔwo kple awuwo ɖo ɖe mɔtata dzi le eŋgɔ, bubuwo hã ŋe deʋayawo kple atilɔwo ɖo ɖe eŋgɔ be wòazɔ wo dzi. 9Ameha la ƒe akpa aɖe dze eŋgɔ eye bubu hã kplɔe ɖo kplikplikpli nɔ ɣli dom bena,

“Hosana na Fia David Vi la, woayra ame si gbɔna le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me, Hosana le dziƒo vĩ.”
10Esi Yesu ge ɖe Yerusalem dua me la, zi gã aɖe ŋutɔ tɔ, ame sia ame kloe nɔ biabiam be, “Ame kae nye ame sia mahã?”

11Ame siwo nɔ Yesu ŋu la ɖo eŋu be, “Eyae nye Yesu, nyagblɔɖila si tso Nazaret le Galilea.”

Gbedoxɔ la ŋukɔkɔ

(Marko 11:15-19; Luka 19:45-48; Yohanes 2:13-22)

12Azɔ Yesu yi gbedoxɔ la me, eye wònya nudzralawo do goe, le teƒea. Etu afɔ gaɖɔlilawo ƒe kplɔ̃wo ƒu anyi, eye wòkaka akpakpadzralawo ƒe kplɔ̃wo hã.

13Egblɔ na wo bena, “Mawunya fia mi be nye gbedoxɔ anye gbedoɖaƒe, gake miawo la mietsɔe wɔ fiafitɔwo ƒe nɔƒee.”

14Esi wònya ameawo vɔ la, ŋkuagbãtɔwo kple tekunɔwo va egbɔ eye wòda gbe le wo ŋu le gbedoxɔ la me. 15Gake esi Yudatɔwo ƒe Osɔfogãwo kple sefialawo kpɔ nukunu dzɔtsu siwo wòwɔ eye wose ɖevi suetɔ kekeake hã wònɔ ɣli dom bena, “Hosana na Fia David Ƒe Vi la” la, dɔme ve wo ŋutɔ.

16Wobiae bena, “Èse nu si gblɔm ɖevi siawo lea?” Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ẽ, gake miexlẽe kpɔ be, ‘Èdzra kafukafu kple dodoɖedzi ɖe ɖeviwo kple vidzĩwo ƒe nume’ oa?”

17Le esia megbe la etrɔ yi Betania eye wòtsi afi ma dɔ.

Yesu ƒo fi de gboti matseku la

(Marko 11:12-14, 22-24)

18Le ŋufɔke esi Yesu fɔ gayina Yerusalem le ŋdi me la, dɔ wui le mɔa dzi. 19Ekpɔ gboti alo kutsetseti aɖe le mɔa to ale wòzɔ ɖe edzi be yeakpɔ kutsetse aɖe le edzi agbe aɖu mahã? Ke esi wòva ɖo atia te la, aŋgbawo ko wòkpɔ le edzi. Yesu gblɔ na gboti la bena, “Tso egbe sia yina la, màgatse ku gbeɖe o!” Enumake gboti la yrɔ ɖe tsitre nu.

20Nu sia wɔ nuku na nusrɔ̃lawo ŋutɔ, ale wobiae be, “Nu kae na be gboti la yrɔ enumake?”

21Yesu ɖo eŋu na wo be, “Le nyateƒe me la ne xɔse vavã le mia si eye ɖikeke mele mia me o la, miate ŋu awɔ nu siawo, eye nu siwo miawɔ la akɔ wu esiwo mewɔ kura gɔ̃. Miate ŋu agblɔ na to si kpɔm miele le afii kura gɔ̃ be, ho nàyi aɖadze atsiaƒu me, eye wòava eme enumake. 22Nu sia nu si miabia to gbedodoɖa kple xɔse me la woana mi.”

Wobia nya tso Yesu ƒe ŋusẽkpɔtsoƒe ŋu

(Marko 11:27-33; Luka 10:1-8)

23Yesu yi gbedoxɔ la me eye esi wònɔ nu fiam la, Osɔfogãwo kple Yudatɔwo ƒe dumemegãwo va egbɔ hebiae bena, “Ŋusẽ kae nèkpɔ hafi le nu siawo wɔm eye ame kae na Ŋusẽ sia wò?”

24Yesu ɖo eŋu na wo be, “Nye hã mabia biabia ɖeka mi. Ne mieɖo eŋuti nam la, ekema nye hã magblɔ afi si mekpɔ ŋusẽ tsoe hafi le nu siawo wɔm la na mi. 25Yohanes ƒe mawutsidede ta na ame ɖe, afi kae wòtso? Dziƒoe wòtso loo alo amewo gbɔe wòtsoa?”

Wodzro nya sia me le wo ɖokuiwo dome eye wogblɔ bena, “Ne míegblɔ be, ‘Tso dziƒo’ la, abia mí be, ‘Ekema nu ka ŋutie miexɔ edzi se o?’
26Ke ne míegblɔ be, ‘Tso amewo gbɔ’ la, míele vɔvɔ̃m na nu si ameawo lawɔ elabena wo katã xɔe se be Yohanes nye nyagblɔɖila.”

27Ale woɖo nya la ŋu na Yesu be, “Míenya o.” Tete Yesu hã gblɔ na wo be, “Nye hã nyemagblɔ afi si mexɔ mɔɖeɖe tsoe hafi le nu siawo wɔm o.”

Lododo le viŋutsu eveawo ŋu

28Azɔ Yesu yi edzi gblɔ bena, “Ale ke miekpɔ tso nya si gbɔna la ŋuti? Ŋutsu aɖe si si viŋutsu eve nɔ la gblɔ na tsitsitɔ be, ‘Vinye yi nàwɔ dɔ le agble me nam egbe.’ 29Ɖevia ɖo eŋu be, ‘Nyemayi o.’ Ke emegbe la etrɔ eƒe susu eye wòyi agblea me ɖawɔ dɔa. 30Fofoa gblɔ na ɖevitɔ hã be, ‘Yi nàwɔ dɔ nam le agblẽ me.’ Ɖevi la ɖo eŋu nɛ be, ‘Papa mayi’ Ke egbe meyi o. 31Le ɖevi eve siawo dome ɖe, ame kae wɔ fofoa ƒe gbe dzi?”

Azɔ Yesu ɖe lododoa gɔme na wo bena, “Le nyateƒe me la, ame vɔ̃ɖiwo kple gbolowo kura age ɖe dziƒofiaɖuƒe la me hafi miawo miava yi.
32Elabena Yohanes Mawutsidetanamela gblɔe na mi be midzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ eye miaku ɖe Mawu ŋu, gake mieɖo toe o, gake ame vɔ̃ɖiwo kple gbolowo ɖo toe eye wodzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ. Ke nu si vɔ̃ɖi wu lae nye be esi miekpɔ be ame siawo dzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ hã la, metso fu le lãme na mi gɔ̃ hã be miawo hã miadzudzɔ o, ke boŋ miesẽ dzime goŋgoŋgoŋ.

Lododo le waingble kple edzikpɔlawo ŋuti

(Marko 12:1-12; Luka 20:9-19)

33“Miɖo to miase lododo sia ɖa, Agbledela aɖe de waingble gã aɖe eye wòtɔ kpɔ ƒo xlãe. Etu nɔƒe tɔxɛ na agblea ŋudzɔla eye wòtu wainfiaƒe hã. Azɔ etsɔ agblea de asi na agbledelawo be woawɔ dɔ le eme ale be yeama viɖe si ado tso eme la kpli wo. Le esia wɔwɔ vɔ megbe la, agbletɔ la ŋutɔ dzo yi du bubu aɖe me.

34“Esi nuŋeɣi ɖo la, eɖo dɔlawo ɖe agblea dzi kpɔlawo gbɔ be woaxɔ yeƒe viɖe vɛ na ye. 35Ke agbledzikpɔlawo dze ame dɔdɔawo dzi wu ɖeka, ƒo ɖeka vevie eye woƒu kpe atɔ̃lia.

36“Agbletɔ la gaɖo ameha gã bubu ɖa gake wowɔ fu woawo hã abe amedɔdɔ gbãtɔwo ene. 37Mlɔeba la, agbletɔ la dɔ via ŋutsu ɖa kple susu sia be woade bubu eya ŋu elabena enye via.

38“Gake kpao, esi agbledzikpɔla siawo kpɔ ŋutsuvia wògbɔna la, wogblɔ na wo nɔewo be, ‘Ehẽ, ame siae le fofoa ƒe dome nyi ge ale be teƒe sia katã gbɔna etɔ zu ge, mia tɔwo mina míawui bena agble sia nazu mía tɔ!’ 39Ale wohe agbletɔ la ƒe vi do goe le agblea me eye wowui.”

40Yesu yi edzi bia wo be, “Nenye be agbletɔ la ŋutɔ gbɔ ɖe, nukae miebu be awɔ agbledzikpɔla vɔ̃ɖi siawo?”

41Yudatɔwo ƒe amegãwo ɖo eŋu nɛ be, “Ana woawu ame vɔ̃ɖi siawo eye wòaxɔ agblea atsɔ na ame siwo awɔ eƒe gbe dzi la.”

42Yesu gabia wo bena, “Miexlẽ le mawunya me kpɔ be, ‘Kpe si xɔtulawo gbe be yewomazã o lae va zua dzogoedzikpe na xɔ la oa? Esia menye nu wɔnuku aɖe si Aƒetɔ la wɔ oa?’

43“Nya si gblɔm mele na mi la gɔme kpuie koe nye be woaxɔ mawufiaɖuƒe la le mia si atsɔ na dukɔ bubu, si atsɔ viɖe si nye Mawu tɔ la vɛ nɛ. 44Nyateƒe nya sia ɖe wòle abe kpe ene, ame si akli kpe sia la, aŋe kluikluiklui eye ame si dzi kpe sia age adze la, agba gudugudu.”

45Yudatɔwo ƒe Osɔfogãwo kple Farisitɔwo kpɔe dze sii be yewoe nye agbledzikpɔla vɔ̃ɖi siwo ŋu Yesu ƒo nu le, le lododo la me eye yewo ŋutie wòle nya la gblɔm ɖo. 46Le esia ta, wodi vevie be yewoawui, gake wonɔ vɔvɔ̃m be ne yewolée la, ameha la atɔ zi elabena wonya be ameha la xɔe se be Yesu nye nyagblɔɖila.

Copyright information for EweBEE